1 Corinthians 16

Nudzɔdzɔ na Haxɔsɛtɔwo

1Azɔ la, se siwo le ga si dzɔm miele be yewoaɖo ɖa kristotɔ siwo le Yerusalem ŋu la woe nye esiawo. Se siawo kee mede na hame siwo le Galatia. 2Le Kwasiɖa ɖe sia ɖe gbe la ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kwasiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo eye wòawɔ eŋutidɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o. 3Ne meva la, maŋlɔ agbalẽ akpe ɖe miaƒe lɔlɔ̃ ƒe nunana la ŋu aɖo ɖe Yerusalem to dɔla nuteƒewɔla aɖe si miawo ŋutɔ miatia la dzi. 4Eye ne anyo be nye hã mayi kplii la, ekema míate ŋu azɔ afɔ ɖeka.

Ɖoɖo siwo le Paulo si

5Made Makedonia gbã hafi ava kpɔ mi ɖa, ke manɔ afi ma ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 6Ate ŋu ava eme be manɔ miawo gbɔ wòadidi wu, ɖewohĩ le vuvɔŋɔli blibo la katã me, eye miado mɔm mayi teƒe bubu. 7Nyemegadi azɔ be makpɔ mi ɖa ɣeyiɣi kpui aɖe ko eye matso eme o. Medi be mava nɔ anyi sẽe ne Aƒetɔ la aɖe mɔ nam. 8Manɔ Efeso le afi sia va se ɖe Pentekoste ƒe ŋkekenyui la dzi, 9elabena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li nam be magblɔ mawunya eye mafia nu le afi sia. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo li ke futɔwo hã sɔ gbɔ.

10Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene. 11Migana ame aɖeke nado vloe alo agbe toɖoɖoe, be enye ɖekakpui ta o, ke mina wòakpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi si wòanɔ mia dome la me, eye miaɖoe ɖem. Mele mɔ kpɔm be makpɔe kaba kple ame bubu siwo trɔ gbɔna. 12Meɖe kuku na Apolo be eya kple ame bubuwo nava kpɔ mi ɖa, ke ebu be menye Mawu ƒe ɖoɖo wònye na ye be yeayi fifia o. Ava mia gbɔ emegbe ne mɔnu aɖe ʋu nɛ:

13Minɔ ŋudzɔ be miadze si gbɔgbɔme ƒe dzɔgbevɔ̃ewo. Miwɔ nuteƒe na Aƒetɔ la. Minɔ agbe abe ŋutsuwo ene eye misẽ ŋu. 14Nu sia nu si miawɔ la, miwɔe kple amenuveve kpakple lɔlɔ̃.

15Mieɖoa ŋku Stefana kple eƒe ƒomea dzia? Woawoe nye ame gbãtɔ siwo zu kristotɔwo le Akaya eye wole kpekpeɖeŋu geɖe nam kristotɔwo le afi sia afi. 16Miwɔ nu siwo woaɖo na mi eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ene eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu. 17Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Stefana, Fortunato kple Akaiko va ɖo mía gbɔ be yewoakpɔ mí ɖa. Wole kpekpeɖenudɔ siwo miele afĩ sia awɔ nam o la wɔm nam ɖe mia teƒe. 18Wodo dzidɔ geɖe nam eye wode dzi ƒo nam ŋutɔ. Meka ɖe edzi be nenema kee wowɔ na miawo hã. Mexɔe se be miekpɔ ŋudzedze le ame siawo kple ame bubu siwo le abe woawo ene la ƒe dɔwɔwɔ ŋu.

Nuwuwu gbedonamewo

19Hame siwo le Asia le afii la do gbe na mi. Akwila kple Priskila kpakple ame bubu siwo katã kpea ta le woƒe aƒeme hena sɔlemedede la hã do gbe na mi. 20Nɔvi siwo katã le afi sia la bia tso asinye be mado gbe na mi na yewo. Mido gbe na mia nɔewo kple lɔlɔ̃ si dze la ne miedo go.

21Meŋlɔ agbalẽ sia ƒe nya mamlɛtɔwo kple nye ŋutɔ nye asi. 22Ame sia ame si melɔ̃a Aƒetɔ la o la, woaƒo fi adee. Aƒetɔ Yesu va! 23Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. 24Metsɔ nye lɔlɔ̃ na mi katã elabena mí katã míenye Kristo Yesu tɔwo.

Copyright information for EweBEE